Luke 22

Nugbeɖoɖo ɖe Yesu wuwuw ŋuti

(Mateo 26:1-5, 14-16; Marko 14:1-2, 10-11; Yohanes 11:45-53)

1Azɔ Ŋutitoto ŋkekea te tu aƒe. Ŋkeke siae nye Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui si dzi woɖua abolo si wotsɔ amɔ maʋamaʋã wɔe la ko. 2Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo.

3Azɔ Satana ge ɖe Yuda Iskariɔt, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka la me, 4ale wòyi Osɔfogãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegãwo gbɔ be yeade aɖaŋu kple wo le mɔ nyuitɔ si dzi yeato ade Yesu asi na wo la ŋuti. 5Edzɔ dzi na ameawo ŋutɔ be Yuda le klalo be yeakpe ɖe yewo ŋu eya ta wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. 6Tso esia dzi la, Yuda de asi ɣeyiɣi nyuitɔ si me woalé Yesu le amehawo ƒe manyamanya me la didi me.

Dzadzraɖo na Ŋutitotoŋkekenyui

(Mateo 26:17-25; Marko 14:12-21; Yohanes 13:21-30)

7Azɔ Ŋutitoto ŋkekenyui si dzi wowua ŋutitoto levi la le eye woɖanɛ kple amɔ maʋamaʋã ƒe abolo la ɖo edzi. 8Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woado ŋgɔ aɖawɔ dzadzraɖo na yewoƒe Ŋutitoto ŋkekea ɖuɖu.

9Wobia be, “Afi kae nèdi be míayi aɖadzra ɖo?”

10Eɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe Yerusalem dua me teti ko la, miakpɔ ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta la; wòazɔ va yina. Mikplɔe ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me, 11eye miagblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Nufiala be mibia wò nàfia mí amedzrowo ƒe xɔ afi si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo aɖu Ŋutitoto ŋkekenyui la le.’ 12Aƒea tɔ akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Teƒe lae nye ma. Miyi eye miaɖo kplɔ̃ ɖe afi ma.”

13Woyi dua me eye wokpɔ nu sia nu abe ale si Yesu gblɔe ene, eye woɖo kplɔ̃ ɖe xɔa me hena Ŋutitoto ŋkekea ɖuɖu le fiẽ ma.

Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖoɖo anyi

(Mateo 26:26-30; Marko 14:22-26)

14Yesu kple nusrɔ̃la mamleawo va ɖo le ɣeɣiɣe si woɖo ɖi la me eye wo katã wonɔ kplɔ̃a ŋu hena nua ɖuɖu. 15Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Menɔ mɔ kpɔm vevie be maɖu Ŋutitoto ŋkekea ƒe nuɖuɖu sia kpli mi hafi nye fukpekpewo nadze egɔme. 16Elabena medi be mianya fifi be nyemagaɖui akpɔ o, va se ɖe esime woɖe nu si tututu wònye la ɖe go le mawufiaɖuƒea me.”

17Azɔ etsɔ wainkplu ɖeka, eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, egblɔ na wo be, “Mixɔe eye ame sia ame nanoe. 18Elabena nyemagano wain akpɔ o va se ɖe esime mawufiaɖuƒela va.”

19Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, “Esia nye nye ŋutilã, si wotsɔ na ɖe mia ta. Miɖui ne miaɖo ŋku dzinye.”

20Esi woɖu nua vɔ la, egatsɔ wainkplu la na wo eye wògblɔ be, “Esia nye Mawu ƒe nubabla yeye si wòwɔ be yeatsɔ axɔ mi ɖe agbee la ƒe dzesi. Wotre nubabla sia nu kple ʋu si makɔ ɖi abe vɔsasa ɖe mia ta ene. 21Gake ame aɖe nɔ anyi ɖe kplɔ ŋu afi sia abe mía xɔlɔ̃ ene, evɔ eyae nye ame si adem asi. 22Ele be Mesia la naku abe ale si Mawu ɖoe ene. Gake baba na ame si adee asi!”

23Nusrɔ̃lawo tsa ŋku godoo le wo nɔewo dome hebia be ame kae le nu sia tɔgbi wɔ ge.

Nyahehe tso ame si nye gãtɔ ŋu

24Azɔ ʋiʋli ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gãtɔ la ŋu.

25Yesu gblɔ na wo be, “Xexe sia me fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo teviwo dzi, eye amegã bubuwo hã tea wo teviwo ɖe to gake teviawo bua ame siawo katã amenuvelawoe. 26Gake mele be wòanɔ nenema le mia dome o, ame si di be yeanye miaƒe amegã la, newɔ eɖokui subɔlae. 27Le xexeame la, aƒetɔ nɔa kplɔ̃ ŋu eye eƒe subɔviwo va subɔnɛ. Gake esia mele mia dome le afii o! Elabena nyee nye miaƒe subɔvi. 28Miawoe nye ame siwo do dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me, 29eye nye la mele fiaɖuƒe ɖo anyi na mi abe ale si Fofonye ɖo fiaɖuƒe anyi nam ene. 30Miaɖu nu ano nu le kplɔ̃ ŋu kplim le fiaɖuƒe ma me. Hekpe ɖe esia ŋu la, mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe tokɔ wuieveawo.”

Nyagblɔɖi tso Petro ƒe nugbegbe le Yesu gbɔ ŋuti

(Mateo 26:31-35; Marko 14:27-31; Yohanes 13:36-38)

31Yesu gblɔ na Petro be, “Simɔn, Simɔn, Satana le mi katã dim be yeagbɔ mi abe ale si wogbɔa blii ene. 32Gake medo gbe ɖa ɖe tawò be wò xɔse magabu keŋ o. Ale nenye be èdze si wò vodada eye nègatrɔ va gbɔnye la, do ŋusẽ nɔviwò mamleawo hã eye nàtu woƒe xɔse ɖe edzi.”

33Simɔn ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kpli wò eye maku kpli wò gɔ̃ hã.”

34Gake Yesu gblɔ nɛ be, “Petro na magblɔ nya aɖe na wò. Va se ɖe etsɔ fɔŋli hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ be yemenyam gɔ̃ hã o.”

Gakotoku, mɔzɔkotoku kple yi

35Azɔ Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi medɔ mi be miyi ɖagblɔ nyanyui la, eye mietsɔ ga, mɔzɔkotoku alo awu eve ɖe asi o eye miedo afɔkpa hã o ɖe nane hiã mia?” Woɖo ŋu nɛ be, “Naneke mehiã mi o.”

36Eyi dzi be, “Azɔ la mitsɔ mɔzɔkotoku nenye be ɖe le mia si. Mitsɔ ga hã ɖe asi, eye ne yi mele mia dometɔ aɖe si o la, nedzra eƒe awuwo wòatsɔ ga la aƒle ɖee. 37Elabena ɣeyiɣi la ɖo bena nya si wogblɔ ɖi tso ŋunye la nava eme be, ‘Woadrɔ̃ ʋɔnui abe nu vɔ̃ wɔla ene.’ Le nyateƒe me, nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ tso ŋunye la ava eme.” 38Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, yi eve le mía si le afi sia.” Yesu gblɔ be, “Esɔ gbɔ.”

Yesu do gbe ɖa le Amito dzi

(Mateo 26:36-46; Marko 14:32-42)

39Azɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le aƒea me heyi Amito la dzi abe ale si wòwɔna ɖaa ene. 40Le afi sia la egblɔ na wo be, “Mido gbe ɖa be tetekpɔ nagaɖu mia dzi o.”

41Edzo le nusrɔ̃lawo gbɔ, zɔ vie ko eye wòdze klo do gbe ɖa be, 42“Fofo, nenye wò lɔlɔ̃nu la na kplu sia nato nunye ayi, gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò ko woawɔ.” 43Kasia mawudɔla aɖe tso dziƒo va do ŋusẽe, 44elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be, fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii. 45Mlɔeba la, etso eye wòtrɔ yi eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, gake eva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm elabena konyifafa na be woƒe lãme gbɔdzɔ.

46Yesu do ɣli gblɔ be, “Alɔ̃ dɔm mielea? Mifɔ kaba! Mido gbe ɖa be miaɖu tetekpɔwo dzi.”

Yesu dede asi kple Yesu léle

(Mateo 26:47-56; Marko 14:43-50; Yohanes 18:3-11)

47Ke esi wònɔ nya siawo gblɔm la ameha aɖe do ɖe wo dzi, Yuda eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ŋgɔ na wo. Yuda zɔ ɖe Yesu dzi eye wògbugbɔ alɔgo nɛ abe lɔlɔ̃ ƒe dzesi ene.

48Gake Yesu biae bena, “Yuda, nu ka tae nèwɔ esia ɖo, nugbugbɔe natsɔ ade Mesia la asia?”

49Esi nusrɔ̃la mamleawo kpɔ nu si be yeadzɔ la, wodo ɣli be, “aƒetɔ, miwɔ avu kpli woa? Mietsɔ míaƒe yiawo ɖa asi!” 50Kasia, nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tsɔ eƒe yi kpa ɖusimeto na Osɔfogãtɔ ƒe subɔvi si nɔ ameawo dome.

51Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Migawɔ avu kpli wo o, miɖe asi le wo ŋu ko.” Ale wòka asi afi si subɔvia ƒe to la nɔ ŋu eye toa gaɖo eteƒe abe tsã ene. 52Yesu trɔ ɖe osɔfogãwo, hamemegãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegã siwo nɔ ameha la ŋgɔ va la ŋu eye wòbia wo be, “Adzodalae menye ta mietsɔ kpowo kple yiwo va be yewoalém hã? 53Nu ka tae mielém le gbedoxɔ la me o? Menɔa afi ma gbe sia gbe ɖe! Gake ɣeyiɣi sia enye ɣeyiɣi nyuitɔ na mi, ɣeyiɣi si me Satana ƒe ŋusẽ le dzi ɖum.”

Petro gbe nu le Yesu gbɔ

(Mateo 26:57-58, 69-75; Marko 14:53-54, 66-72; Yohanes 18:12-18, 25-27)

54Ale wolée eye wokplɔe yi Osɔfogãtɔ ƒeme eye Petro nɔ eyome ʋĩ gbɔna. 55Asrafowo do dzo ɖe xɔxɔnu le ƒuƒum eye Petro va nɔ wo dome le afi ma.

56Dɔlanyɔnuvi aɖe si kpɔ Petro dze sii la gblɔ be, “Ame sia hã nɔ Yesu yome kpɔ.”

57Ke Petro gbe gblɔ be, “Nyɔnu nyemenya amea ŋutɔ gɔ̃ hã o!”

58Le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la ame bubu hã kpɔe eye wògblɔ nɛ be, “Wò hã eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tututue nènye!” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, amegã menye wo dometɔ ɖekae menye o.”

59Abe gaƒoƒo ɖeka megbe ene la, ame bubu hã va gblɔ kple kakaɖedzi be, “Menya be ame sia hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, elebena eya hã nye Galileatɔ abe Yesu ene.”

60Ke Petro gado dzi gblɔ be, “Ŋutsu, nyemenya naneke kura tso nu si gblɔm nèle la ŋu o.” Eye esi wòɖe nu le nya siawo me ko la, koklo ku atɔ.

61Le ɣeyi ɣi sia me tututu la Yesu trɔ kpɔ Petro dũ. Kasia Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” 62Petro dzo le ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe xɔxɔnu heyi ɖafa avi vevie.

Asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu

(Mateo 26:67-68; Marko 14:65)

63Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm, dze fewuɖuɖu le eŋu eye wonɔ eƒom hã. 64Wotsyɔ nu mo nɛ eye wobia tso esi be, “Gblɔ nya ɖi! Ame kae ƒo wò.” 65Hekpe ɖe esia ŋu la, wodzu dzu ƒomevi geɖewo nɛ.

Yesu le Sanhedrin ŋkume

(Mateo 26:59-66; Marko 14:55-64; Yohanes 18:19-24)

66Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va wo ƒe ŋkumee. 67Wogblɔ be, “Nenye woe nye Kristo la, gblɔe na mi.”

Yesu ɖo eŋu be, “Ne megblɔe na mi la, miaxɔ dzinye ase o,
68eye ne mebia biabia ɖe mi hã, miele eŋu ɖo ge nam o. 69Gake ɣeyiɣi gbɔna esi woaɖo Nye Mesia la fiazikpui dzi le Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe ɖusime.”

70Ameawo katã do ɣli sesĩe be, “Ekema ɖe nèle gbɔgblɔ be Mawu Vie yènyea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ẽ, Mawu Vie menye abe ale si miegblɔe ene.”

71Ameawo gado ɣli sesĩe be, “Ɖe míegahiã ɖasefo bubuwo be woatso ame sia nua? Gbeɖe! Míawo ŋutɔ míesee wògblɔ be Mawu Vie yenye!”

Copyright information for EweBEE